Revelation of John 9

1Mawudɔla atɔ̃lia ku eƒe kpẽ la eye mekpɔ ɣletivi si ge tso dziƒo va dze anyigba dzi la, wotsɔ ʋe globo la ƒe safui na ɣletivi sia. 2Esi wòʋu nu le ʋe globoa nu la, dzudzɔ do tso eme abe abolokpo gã aɖe mee dzudzɔ le dodom le ene. Dzudzɔ gã la na be ɣe kple dziŋgɔlĩ do viviti. 3Ʋetsuviwo ƒe ha gã aɖe do go tso dzudzɔ la me va anyigba dzi eye wona ŋusẽ wo be woawɔ nu abe ahɔ̃ siwo le anyigba dzi la ene. 4Wode se na wo be womagagblẽ gbe siwo le anyigba dzi loo alo numiemie alo atiwo o, ke boŋ woagblẽ ame siwo Mawu ƒe nutrenu mele ŋgonu na o. 5Womena ŋusẽ wo be woawu wo o ke boŋ be woawɔ funyafunya wo dzinu atɔ̃. Ale fukpekpe si me woto la nɔ abe ale si ame si ahɔ̃ te la sea vevee ene. 6Le ŋkeke mawo me la, amewo adi ku gake womakpɔe o. Ku adzro wo vevie gake ku asi abu ɖe wo.

7Ʋetsuviawo ƒe dzedzeme le abe sɔ siwo bla akpa hena aʋayiyi ene. Woɖɔ nane ɖe ta si le abe sikafiakuku ene eye woƒe mowo ɖi amegbetɔwo tɔ. 8Woƒe ɖa le abe nyɔnuwo ƒe ɖa ene, eye woƒe aɖuwo le abe dzatawo tɔ ene. 9Wodo akɔtakpoxɔnu siwo le abe gayibɔkɔtakpoxɔnuwo ene eye woƒe aʋalawo ƒe hoowɔwɔ le abe sɔwo kple tasiaɖamwo ƒe hoowɔwɔ ne wolũ ɖe aʋa me la ene. 10Asiketiwo kple tiwo le wo si abe ahɔ̃wo tɔ ene eye ŋusẽ le woƒe asiketiwo me be woawɔ funyafunya amewo hena ɣleti atɔ̃. 11Woƒe fiae nye mawudɔla si le ʋe globo la dzi kpɔm, ame si ƒe ŋkɔe nye Abadon le Hebrigbe me kple Apolion le Grikgbe me.

12Babaadodo gbãtɔ nu va yi eye babaadodo eve bubuawo le mɔ dzi gbɔna.

13Mawudɔla adelia ku eƒe kpẽ la. Tete mese gbe aɖe tso sikavɔsamlekpui si nɔ Mawu ŋkume la ƒe lãdzowo gbɔ. 14Gbe la gblɔ na mawudɔla adelia si lé kpẽ la ɖe asi la bena, “Ɖe ga mawudɔla ene, siwo wobla da ɖe Frat tɔsisi gã la to.” 15Ale woɖe ga mawudɔla ene siwo wodzra ɖo ɖi na gaƒoƒo vevi, ŋkeke vevi, dzinu vevi kple ƒe vevi sia be woayi aɖawu amegbetɔƒomea ƒe mama etɔ̃lia ƒe ɖeka. 16Asrafo siwo do sɔ la, ƒe xexlẽme anɔ miliɔn eve. Nye ŋutɔ mese woƒe xexlẽme.

17Sɔ kple sɔdola siwo mekpɔ le nye ŋutega me la ƒe dzedzeme nɔ ale: Woƒe akɔtakpoxɔnu biã hẽ abe dzo ene; ɖewo nɔ blɔ eye ɖewo hã ɖi aŋutiɖiɖi abe sulfakpe ene. Sɔawo ƒe tawo ɖi dzatawo ƒe ta eye dzo, dzudzɔ kple sulfakpe do tso woƒe nuwo me. 18Dzo ƒe dɔvɔ̃, dzudzɔ kple sulfakpe si do go tso sɔwo ƒe nume la, wu amegbetɔƒomea ƒe mama etɔ̃lia ƒe ɖeka 19Sɔawo ƒe ŋusẽ le woƒe nuwo kple asiketiawo me elabena woƒe asiketiwo le abe dawo ene eye ta li na asiketiawo, esiwo wotsɔna dea abi amewo ŋui.

20Amegbetɔƒomea si susɔ, ame siwo dɔvɔ̃ siawo mewu o la, gbe tɔtrɔ le woƒe asiwo ƒe nu tovowo wɔwɔ me. Wogbe be yewomaɖe asi le gbɔgbɔ vɔ̃wo subɔsubɔ, sika, klosalo, akɔbli, kpe kple atilegba siwo metea ŋu kpɔa nu, sea nu loo alo zɔna la subɔsubɔ ŋuti o. 21Nenema ke wometrɔ le woƒe amewuwu, afakaka, ahasiwɔwɔ alo fififi yome o.

Copyright information for EweBEE